Elabena nuvɔ̃wɔla mawo ƒe ku na dzudzɔdosonuawo ŋu kɔ, woaƒo wo gbadzaa atsɔ fa ɖe vɔsamlekpui la ŋu, elabena wotsɔ wo va Yehowa ŋku mee, eyata wo ŋu kɔ, eye woanye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo.
hena ŋkuɖoɖodzi na Israel-viwo, bena ame tutɔa ɖeke, amesi metso Aron ƒe dzidzimeviwo dome o la, magate va, be yeatɔ dzo dzudzɔdonu le Yehowa ŋku me, eye wòava me nɛ abe Korax kple eƒe ha la ene o; abe alesi Yehowa de se nɛ to Mose dzi ene.
Esi ha blibo la kpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu la, woawo trɔ ɖo ta Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eve kpɔ ɖa, alilikpo tsyɔ edzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia.
Eye Mose gblɔ na Aron bena: Tsɔ dzudzɔdosonu, eye naɖe dzo ɖe eme le vɔsamlekpui la dzi, nètsɔ nayi ha la gbɔ, eye nale avu na wo, elabena Yehowa do dɔmedzoe, eye dɔvɔ̃ dze gɔme.
Ke Yehowa gblɔ na Mose bena: Gagbugbɔ Aron ƒe atikplɔ yi se la ŋgɔ, bena woadzrae ɖo abe dzesi ene hena ame sẽtoawo, eye woadzudzɔ liʋĩliʋĩlilĩ le ŋkunye me, bena womagaku o.