Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Nu kɔkɔeawo ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo kpakple fofowò ƒe to la dzi, eye nunɔladɔ la ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo dzi.
Na nɔviwowo, amesiwo tso fofowò Lewi ƒe toa me la, nava kpli wò, eye woanɔ ŋuwò awɔ subɔsubɔdɔ, ne mia kple viwòŋutsuawo miele agbadɔ, si me sea le la ŋgɔ.
Nusianu, si aʋu ɖɔ nu na dada, eɖanye ame alo lã o, eye wotsɔe na Yehowa la, nye tɔwò; ke woatsɔ ga axɔ amewo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lã makɔmakɔwo ƒe ŋgɔgbeawoe.
Metsɔ adzɔ, siwo katã woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, siwo wona Yehowa, ŋu la na mia kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo; ɖoɖo mavɔ wòanye. Dzenubabla wònye le Yehowa ŋku me tegbee na mia kple wò dzidzimeviwo.
Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Naneke manye tɔwo le woƒe anyigba dzi o, eye makpɔ gomea ɖeka le wo dome o, elabena nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel-viwo dome:
boŋ Lewitɔwo nawɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, eye woaxɔ woƒe vodadawo atsɔ; ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo. Ke domenyinu manɔ wo si le Israel-viwo dome o,
elabena metsɔ Israel-viwo ƒe nuwo ƒe ewoliawo ɖeka, siwo wotsɔ na Yehowa la, na Lewitɔwo abe domenyinu ene; eyata megblɔ na wo be, domenyinu manɔ wo si le Israel-viwo dome o.
Gblɔ na Lewitɔwo be: Ne miexɔ nuwo ƒe ewoliawo ɖeka, si mexɔ le Israel-viwo si na mi, be wòanye miaƒe domenyinu le wo si la, ekema miɖe ewoliawo ɖeka le eŋu na Yehowa