Azɔ ŋutsu si ŋu kɔ le kɔa nu la nalɔ nyinɔ la ƒe afi la atsɔ yi teƒe kɔkɔe aɖe le asaɖa la godo, eye wòadzrae ɖo ɖe afi ma na Israelviwo ƒe ha la. Dzofi sia ŋudɔe woawɔ ne wole ameŋukɔtsi wɔm be woasa vɔ atsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖa.
Ame si lɔ nyinɔ ƒe afia nanya eƒe awuwo, eye eŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe fiẽ. Esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa na Israelviwo kple amedzro siwo le wo gbɔ la.
Ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu o la, ede busu eɖokui ŋu eye eŋu mekɔ o, elabe womewú ameŋukɔtsi ɖe eŋu o. Ame sia do gu Aƒetɔ ƒe nɔƒe la eya ta ele be woaɖee ɖa le Israelviwo dome.”
“Se bubue nye be ne ame ku le agbadɔ aɖe me la, ame si le agbadɔa me kplii hafi wòku kple ame si va ge ɖe agbadɔa me la siaa ŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe esime ŋkeke adrẽ nava yi.
Gbã la, ŋutsu si ŋu kɔ la natsɔ hisɔp ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, emenuwo katã kple ame siwo katã le afi ma la ŋu. Nenema ke woawui ɖe ame si ka asi ameƒu, ame si wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.
Le ŋkeke etɔ̃a kple adrẽa gbe la, ame si ŋu kɔ le kɔa nu la nawu tsia ɖe ame si ŋu mekɔ o la ŋu. Emegbe ame la anya eƒe awuwo, eye wòale tsi ekema le fiẽ me la, eŋu kɔ.”
“Ke ame si ŋu mekɔ o, eye mekɔ eɖokui ŋu o la, de busu eɖokui ŋu eye eŋu mekɔ o elabe womewú ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o. Ame sia do gu Aƒetɔ ƒe kɔkɔeƒe la eya ta ele be woaɖee ɖa le ha la me.