Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yɔ dukɔ la ƒe amegãwo katã ƒo ƒu, eye wòatrɔ ati vodalawo ɖe ŋdɔgbe na Yehowa, ne Yehowa nadzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe Israel ŋu!
Pinehas, nunɔla Aron vi Eleazar ƒe viŋutsu, enye amesi na nye dɔmedzoe nu fa ɖe Israel-viwo ŋu, elabena eʋã ŋu ɖe nunye le wo dome; eyaŋuti nyemevã nu tsrɔ̃ Israel-viwo o.
elabena wòlé fu mi, eye wòto aye me tsɔ Peor kple wo de nyɔnu Kosbi, si nye Midian-amegã ɖeka ƒe vinyɔnu, amesi wowu le gbesigbe dɔvɔ̃ va le Peor ta la, tre mɔ̃ na mi.