gblɔ bena: Yehowa de se na nye aƒetɔ be, wòadzidze nu amã anyigba la na Israel-viwo; eye Yehowa gagblɔ na nye aƒetɔ be, wòatsɔ mia nɔvi Zelofxad ƒe anyigba na vianyɔnuwo.
Azɔ ne woaɖe Israel-viwo ƒe toawo me ŋutsua ɖe la, ekema woaka woƒe anyigba le mía fofowo ƒe anyigba ŋu atsɔ kpee na to, si me woɖe srɔ̃ le la, ke míaƒe to la tɔ azu sue.
Eye ne aseyetsoƒe ɖo na Israel-viwo la, ekema woatsɔ woƒe anyigba akpe to, si me woɖe srɔ̃ le la tɔ, eye woaka woƒe anyigba le mía fofowo ƒe to la ƒe anyigba ŋu.