“ ‘O, wò Betlehem, le Yudanyigba dzi, menye Yudatɔwo ƒe du sue maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o, elabena wò mee fia si le nye dukɔ Israel dzi ɖu ge la ado atso.’ ”
Esia megbe la, Herod dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa, eye wòbia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye, eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia be,
Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Egblɔ nɛ be, “Tso kpla nàkplɔ ɖevi la kple dadaa, eye nàsi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔe na wò, elabena Fia Herod le ɖevi la di ge be yeawu.”
Esi Herod kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye la, dɔ me vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me, be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ɣeyiɣi si ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivia la nu.