Yohanes sia nye ame si ŋuti woƒo nu le to Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya dzi be: “Ame aɖe le ɣli dom bobobo le gbedadaƒo. Ebe, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo. Midzɔ eƒe afɔmɔwo!’ ”
Esi Yohanes kpɔ Farisitɔ kple Zadukitɔ geɖe, siwo va egbɔ be wòale mawutsi na yewo la, egblɔ na wo be: “Mi da ƒe dzidzimeviwo, ame kae ɖo aɖaŋu na mi be miasí le dɔmedzoe si gbɔna la nu?
Nye ya, tsie metsɔ le mawutsi lem na mi bene miatrɔ dzime. Gake ame aɖe le yonyeme gbɔna. Eya la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe kple dzo wòatsɔ ale mawutsi na mi. Eyama tri akɔ wum, eye nye medze be maɖe eƒe afɔkpawo gɔ̃ hã o.