Esi Yesu zɔ to Galilea-ƒua nu yina la, ekpɔ nɔviŋutsu eve. Woawoe nye Simon, si woyɔna be Petro kple nɔvia Andrea, wonɔ asabu dam ɖe ƒua me elabe tɔƒodelawo wonye.
Yesu dzo le afi ma, eye wòyi ɖakpɔ nɔviŋutsu bubu eve, Yakobo kple Yohanes siwo nye Zebedeo viwo la. Wo kple wo tɔ́ wole tɔdziʋu me le woƒe asabuwo sam. Yesu yɔ wo,
Yesu yi ɖatsa le Galilea-nuto blibo la me. Enɔ nu fiam amewo le woƒe ƒuƒoƒewo nɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti Nyanyui la, henɔ dɔléle kple lãmegbegblẽwo katã ɖem ɖa le dukɔa me.
Ale eŋkɔ ɖi hoo to Siria-nyigba blibo la me, eye amewo kplɔ ame siwo katã le dɔ vovovowo lém: fukpelawo, ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, tsukunɔwo kple lãmetututɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.