Le ameha la ta la, womete ŋu kɔe ɖo egbɔ o; eya ta woyi ɖaɖe mɔ ɖe xɔ si me Yesu le la tame, eye esi woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba si dzi lãmetututɔ la mlɔ la ɖe anyi.
Lãmetututɔ la fɔ ɖe tsitre enumake, eye wòŋlɔ eƒe aba, hezɔ dzo le wo katã ŋkume. Nu sia wɔ nuku na ameawo katã, eye wokafu Mawu gblɔ be: “Gbeɖe! Nu sia tɔgbe ya la, míekpɔe kpɔ o.”
Esi Farisitɔwo ƒe sefialawo kpɔ be Yesu le nu ɖum kple nuvɔ̃wɔla kple nudzɔlawo la, wobia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ale ke wɔ eya ɖua nu kple asidzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo?”
Esi Yesu se nya sia la, eɖo eŋu na wo be: “Lãmesesẽtɔwo mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe. Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o; nuvɔ̃wɔlawo boŋ yɔ ge meva.”
Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna. Amewo va bia Yesu be: “Nu ka ta Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dɔna, gake tɔwòwo ya mewɔnɛ o?”
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔa? Zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo dome la, womate ŋu atsi nu adɔ o.
Ame aɖeke metsɔa wain yeye dea lãgbalẽgolo xoxo me o; ne ewɔe la, wain yeye la awó lãgbalẽgoloa, eye wain la kple lãgbalẽgoloa siaa agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wain yeye nɔna.”
Ege ɖe Mawu ƒe aƒe la me, le Abyatar, nunɔlagã la ŋɔli, eye wòɖu vɔsabolo, si ŋu womeɖe mɔ le be ame si menye nunɔla o la naɖu o, hetsɔ eƒe ɖe na eŋutimewo hã. Alo miexlẽe kpɔ oa?”