Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la.
Le fiẽ me la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome.
Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla kple dugadzɔla siawo ɖo?”
Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ la, ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ta, be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”
Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ɖo.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ, agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o
Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”
Esi Abiata nye nunɔlagã la, David yi ɖe Mawu ƒe aƒe la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye eya kple etɔwo mae heɖu, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o, negbe nunɔlawo ko.”