Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi, etsɔ abolo adreawo, da akpa na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛ kakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme.
Farisitɔ siwo nɔ afi ma la se be Yesu va ɖo teƒea ale woyi be yewoahe nuka kplii. Wova gblɔ nɛ be, “Ɖe dzesi aɖe tso dziƒo fia mía míakpɔ, ekema míaxɔ dziwò se.”
Yesu nya nya si gblɔm wonɔ ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o? Ɖe miaƒe dzíwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisaria Filipi kɔƒewo me. Esi wonɔ zɔzɔm yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame kae amewo buna be menye? Ale ke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?”
Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.”
Azɔ Yesu de asi fukpekpe dziŋɔ siwo katã kpe ge wòala la ŋu nyawo gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple Osɔfogãwo agbe nu le ye gbɔ. Agbalẽfialawo hã agbe ye eye woawu ye. Gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.
Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na Petro kple moveviɖoɖo be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu ke menye le Mawu tɔ nu o.”
Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒui be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la ele be wòaɖe asi le nu siwo doa dzidzɔ nɛ la katã ŋu eye wòatsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo.
Le ŋkeke siawo me esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye ŋutɔ kple nya siwo gblɔm mele na mi akpe ŋu na la, Nye Mesia la makpe ŋu eya hã nenye be metrɔ va le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”