Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Kesinɔtɔ aɖe xɔ gakɔntametola aɖe be wòakpɔ eƒe ganyawo dzi nɛ. Ke eteƒe medidi o la, eva se be gakɔntametolaa nye ame fiti aɖe ŋutɔ.
”Le esia ta kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la menya wò le dɔ me.’
”Gakɔntametola la yi ta me sẽe eye wòbia eɖokui be, ‘Nu ka mawɔ fifia? Wonyam le afi sia, evɔ ŋusẽ hã mele ŋunye be mayi aɖawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate ŋu abia nu hã o elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa.
”Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo vɔ̃a Mawu.”
Ame si te ŋu wɔ nuteƒe le nu suetɔ me la, ate ŋu awɔ nuteƒe le nu geɖewo hã me, eye ame si nye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu suetɔ me la, anye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me.
Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume.
”Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ ge ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye veme ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’”
Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi bena le wò agbeme ŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me.
Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se eye ame aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’”