Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Eye wòdo lo na wo, le alesi wòle na wo be, woaɖo gbe ɖa ɖaa, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o la ŋuti, |
| 2 |
| gblɔ bena: ʋɔnudrɔ̃laa ɖe nɔ dua ɖe me, amesi mevɔ̃a Mawu o, eye mesia ame hã o. |
| 3 |
| Ke ahosia ɖe nɔ du ma me, eye wòvaa egbɔ enuenu gblɔna bena: Ɖem le nye ketɔ si me. |
| 4 |
| Eye melɔ̃ o eteƒe didi; ke esiawo megbe la egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Esi nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame hã o la, |
| 5 |
| gake le esi ahosi sia le fu ɖem nam ŋuti la, maɖee, bena mlɔeba la wòagava ade fe ŋku me nam o. |
| 6 |
| Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Mise nusi ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ. |
| 7 |
| Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã? |
| 8 |
| Mele egblɔm na mi bena: Aɖe wo kaba. Gake ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã? |
| 9 |
| Eye wòɖo lo sia na amea ɖewo, siwo ɖo dzi ɖe woa ŋutɔwo ɖokui ŋu bena, yewonye ame dzɔdzɔewo, eye wobu ame bubuwo be, womenye naneke o la bena: |
| 10 |
| Ame eve yi mawuxɔ me, be yewoado gbe ɖa; ɖeka nye farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla. |
| 11 |
| Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o. |
| 12 |
| Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nusiwo katã sua asinye la, ƒe ewolia nana. |
| 13 |
| Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla! |
| 14 |
| Mele egblɔm na mi bena: Amesia la wotso afia nɛ, eye wòtre aƒemeyiyi na ame keme; elabena amesiame, si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi; ke amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi. |
| 15 |
| Eye wotsɔ vidzĩewo hã va egbɔ, bena wòada asi ɖe wo dzi; ke esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, woblu ɖe wo ta. |
| 16 |
| Eye Yesu yɔ wo va egbɔ gblɔ bena: Mina ɖeviawo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. |
| 17 |
| Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o. |
| 18 |
| Eye amegãa ɖe va biae bena: Nufiala nyui, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ la dome mahã? |
| 19 |
| Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem be nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko. |
| 20 |
| Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò. |
| 21 |
| Ke eya gblɔ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke. |
| 22 |
| Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme. |
| 23 |
| Ke esi wòse esiawo la, evee ŋutɔ; elabena kesinɔtɔ ŋutɔ wònye. |
| 24 |
| Eye esi Yesu kpɔe la, egblɔ bena: Ale wòsẽ na amesiwo si nu le la be, wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la me enye esi. |
| 25 |
| Elabena ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee. |
| 26 |
| Ke amesiwo see la, gblɔ bena: Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã? |
| 27 |
| Eye wògblɔ bena: Nusiwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔe le Mawu gbɔ. |
| 28 |
| Ke Petro gblɔ bena: Kpɔ ɖa, miawo la miegblẽ míaƒe nuwo ɖi, eye miedze yowòme. |
| 29 |
| Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖeke meli, si gblẽ aƒe alo srɔ̃ alo nɔviŋutsuwo alo dzilawo alo viwo ɖi le mawufiaɖuƒe la ŋuti, |
| 30 |
| eye wòado kpo teƒeɖoɖo geɖe xɔxɔ awu le ɣeyiɣi sia me kple agbe mavɔ la xɔxɔ le xexe, si lava va la me o. |
| 31 |
| Eye wòyɔ ame wuieveawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi le Amegbetɔvi la ŋuti la nu. |
| 32 |
| Elabena woadee asi na trɔ̃subɔlawo, eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖo vloe, eye woaɖe ta ɖe eŋu; |
| 33 |
| eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre. |
| 34 |
| Eye womese nusiawo dometɔa ɖeke gɔme o, eye nya sia le ɣaɣla ɖe wo, eye womedze si nusiwo wògblɔ la o. |
| 35 |
| Eye wòva ve me, esi wògogo Yerixo la bena, ŋkuagbãtɔa ɖe bɔbɔ nɔ mɔ to le nu biam; |
| 36 |
| ke esi wòse bena, ameha le eŋuti tom yina la, ebia be: Nukae nye esia? |
| 37 |
| Eye woto nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae le eŋuti tom. |
| 38 |
| Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Yesu, Dawid vi la, kpɔ nye nublanui! |
| 39 |
| Eye amesiwo dze ŋgɔ la, blu ɖe eta bena, wòazi ɖoɖoe: ke eya do ɣli wu tsãtɔ bena: Dawid vi lee, kpɔ nye nublanui! |
| 40 |
| Eye Yesu tɔ ɖe tsitre, eye wòde se be, woakplɔe ava ye gbɔe: eye esi wòte va egbɔ la, ebiae bena: |
| 41 |
| Nuka dim nèle, be mawɔ na wò mahã? Eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, bena makpe nu! |
| 42 |
| Eye Yesu gblo nɛ bena: Kpɔ nu, wò xɔse la ɖe wò. |
| 43 |
| Eye enumake wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le Mawu kafum, eye dukɔ la katã, esi wokpɔe la, wotsɔ kafukafu na Mawu. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/luke/018.mp3
24
18