Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me.
ale wòdzi ŋutsuvi si nye eƒe vi gbãtɔ. Exatsa ɖevia ɖe abadzivɔ me eye wòtsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.
Esi mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã sia trɔ dzo yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be, “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu gã si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa.”
Ale alẽkplɔlawo gatrɔ yi woƒe alẽwo gbɔ le gbea dzi, eye wokafu Mawu be mawudɔlawo va kpɔ yewo ɖa eye gawu la wokpɔ vidzĩ la, abe ale si wògblɔ na wo la ene.
Esi vidzĩa xɔ ŋkeke enyi la wowɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu nɛ eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã.
Le Mose ƒe seawo nu la, ele na Maria be wòayi gbedoxɔ me le Yerusalem aɖana nu abe eɖokui ŋu kɔklɔ le vidzidzi vɔ megbe ƒe kɔnu ene. Esi ŋkeke sia ɖo edzi la, dzila eveawo kɔ vidzĩ la yi Yerusalem be woatsɔe ɖo Mawu ƒe ŋkume.
Yerusalem ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ eme fũu eye wònɔ mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava gbe sia gbe.
Nyɔnunyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Srɔ̃a ku le egbɔ esi woɖe wo nɔewo le ƒe adre ko megbe
eye wònɔ anyi abe ahosi ene ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii."
Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo eye wòde asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Mesia la na ame siwo katã nɔ mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la.
elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe. Ke esi fiẽ ɖo eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome.
Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe la o. Mlɔeba la, dada gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.”