Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato nye gɔvina le Yudea eye Herodes nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Uturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum
Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi nɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia bena woɖe asi le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu eye woadze Mawu yome ale be woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.
Le nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya nu la Yohanes enye gbe si le ɣli dom tso gbedzi be: “Miɖe mɔ na Aƒetɔ la be wòazɔ edzi! Mikeke mɔ xaxɛwo ɖe edzi hafi wòava!
Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu?
Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzime to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o elabena Mawu ate ŋu ana viwo ado go tso kpe siwo le dzogbe le afi sia me woanye Abraham viwo.
Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia la miaƒe kewo dzi eye wòle klalo be wòalã mi aƒu anyi. Ẽ, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi eye woatsɔe ade dzo me.”
Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Nenye be awu eve le ame aɖe si la, netsɔ ɖeka na nɔvia ame dahe. Ame si si nuɖuɖu sɔ gbɔ ɖo la, netsɔ ɖe na ame siwo wum dɔ le la.”
Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe alekee míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o. Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!”
Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be Mesia la ava kpuie le ŋkeke mawo me ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes enye amea loo alo menye eyae o? Biabia sia koe nɔ nu na ame sia ame eye wonɔ nu ƒom le eŋu le afi sia afi.
Yohanes ɖo wo ƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, le nyateƒe me la, nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be manye eƒe subɔvi o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe.
Gbe ɖeka la, Yesu ŋutɔ hã va ge ɖe ame siwo Yohanes nɔ mawutsi dem ta na la dome. Yohanes de mawutsi ta nɛ, eye esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu,
Salmon fofoe nye Naxeson, Naxeson fofoe nye Aminadab, Aminadab fofoe nye Admin, Admin fofoe nye Arni, Arni fofoe nye Hezrɔn, Hezrɔn fofoe nye Perez. Perez fofoe nye Yuda,