Wogblɔ na Yesu be, “Nenye be wòhĩa be nãkpe ɖe ame aɖe ŋu la, ŋutsu sia ŋue wòle be nãkpe ɖo, elabena elɔ̃a mi Yudatɔwo ale gbegbe be eya ŋutɔ tsɔ eƒe ga tsɔ tu ƒuƒoƒe na mí.”
Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nãva nye aƒe me o, elabena nye medze na bubu sia tɔgbi o.
Elabena nye ŋutɔ hã ame aɖe tee mele eye amewo hã le tenye, meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘miyi afii’ eye woyina, ‘miva afii’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be ‘wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.”
Nya siawo wɔ nuku na Yesu ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Nyateƒe, le Israel katã la, nyemekpɔ ame aɖeke si si xɔse le abe ame sia tɔ ene kpɔ o.”"
Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi du aɖe si woyɔna be Nain la me, eye abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gakplɔe ɖo henɔ eŋu kplikplikpli.
Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ ame aɖewo woyina ameɖiƒe. Đekakpui si ku woyina ɖiɖi ge la nye vi ɖeka hɔ̃ɔ si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii.
Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbe ŋkeke sia dzi.”"
Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae dɔ mí ɖo ɖe gbɔwò be miabia wò be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?’”
Eya ta eɖo ŋu na amedɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes bena, Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo.
Le amedɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Ame kae nye ame si mieyi ɖakpɔ le Yuda gbegbea? Đe miekpɔe abe ame aɖe si yaƒoƒo vitɔ kekeake hã ʋuʋuna sesĩea.
Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoea? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔa wo lena.
Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye ame baɖawo kekeake la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo.
Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asime nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, ‘Míeku dzidzɔha na mi, ke mieɖu ɣe o eye míedzi konyifahawo na mi, ke miefa avi hã o.’
Ege ɖe aƒea me eye wòyi ɖadze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi nyuie. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Azɔ egbugbɔ afɔawo eye wòʋu nu le ami ʋeʋĩ la nu hesi na wo.
Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye.”
Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnua ŋu eye wògblɔ na Simɔn be, “Ekpɔ nyɔnu si dze klo ɖe afi sia? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe.
Le mía de kɔnu nu la, ne míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gake nyɔnu sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia.
Le esia ta la, see be, wotsɔ eƒe nu vɔ̃ geɖe siwo wòwɔ la kee, elabena elɔ̃m ŋutɔ, ke ame si wotsɔ nu vɔ̃ ʋee aɖe ko kee la, ɖea lɔlɔ̃ ʋee aɖe ko fiana.”