Le esia megbe la, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe asi eye wode asi tsatsa me le du kple kɔƒe siwo le Galilea nutomewo me la me nɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe vava.
Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le,
Nuku bubuwo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, ale wotsi, tse ku alafa nanewo wu esi agbledela la wu.” Esi wògblɔ ŋutinya sia vɔ la, egblɔ be, “Ame si ƒe towo sea nu la, newɔ wo ŋutidɔ fifia.”
Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la, womase egɔme o.’”
Mɔƒome afi si nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ame siawo ƒomevi sea Mawu ƒe nya gake abosam vana eye wòɖea nya la le woƒe dzime ale be wometea ŋu xɔa edzi sena be woakpɔ ɖeɖe o.
Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo nu mawunya sese vivina gake womexɔnɛ ɖe woƒe dziwo me be wòatsi o. Wonya be nya la nye nyateƒe eye woxɔa edzi se hã ɖe kple ɖee hena ɣeyiɣi aɖe. Ke ne yometiti ƒe ya xɔdzo la ƒo ɖe wo ko la, woɖenɛ le dzime.
Nuku si ge ɖe ŋu me lae nye ame siwo sea mawunya eye woxɔnɛ sena, gake agbe sia me ƒe fuɖenamewo, kesinɔnuwo, aglotutu, dzidzɔkpɔkpɔwo kple ŋutilã ƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔa nya la dzi le woƒe dziwo me, ale be wometea ŋu kpena ɖe ame ɖeka pɛ teti hã ŋu be wòaxɔ nyanyui la dzi se o.”
”Ke anyigba nyui lae nye ame siwo ƒe dziwo me kɔ. Ame siawo sea Mawu ƒe nya la hewɔa edzi hã pɛpɛpɛ. Wokakana nya la na ame bubuwo hã eye woawo hã xɔnɛ sena.”
Ɣe bubu ɣi la, Yesu bia ameawo be, “Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu.
Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu, elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi wòbu be ele ye si la hã le esi.”
Gbe ɖeka Yesu nɔviawo kple dadaa wova be yewoakpɔe ɖa. Le ɣemaɣi me la enɔ nu fiam amewo le aƒe aɖe me. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be dadaa kple nɔviawo mete ŋu ge ɖe aƒea me le egbɔ o. Ame aɖe va gblɔe na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be yewoakpɔ.
Esi wonɔ ƒua dzi yina la, Yesu mlɔ anyi be yeadɔ alɔ̃ vie. Le ɣeyiɣi sia me la, ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me eye wova zu ahom dziŋɔ aɖe, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me.
Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔ̃m!” Ale Yesu fɔ eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo.
Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ lé wo. Đeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, bena ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”
Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le ƒe geɖe la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna henɔa amama.
Esi wòkpɔ Yesu teti ko la etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!”
Egblɔ nya sia elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe.
Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ wo.
Eteƒe medidi o, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ eye wòdo awu hebɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔnu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã.
“Trɔ nãyi wò ƒometɔwo gbɔ eye nãgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.”"Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ nɛ la gblɔm na ameawo.
Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe dzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔnu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒe me
Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, ale ke wɔ nãbia be ame kae ka asi ŋunye hã?”
Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ.
Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnua la, ame aɖe tso Yairo ƒeme va do kple nya sia bena via nyɔnuvi sue la ku. Amedɔdɔa gblɔ na Yairo bena, “Viwo la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nãgaɖe fu na Nufiala la o.”