Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi metoa agboa nu heyina ɖe alèxɔa me o, ke wòyi ɖaliaa afi bubu gena ɖe eme la, eya nye fiafitɔ kple adzodala. |
| 2 |
| Ke amesi toa agboa nu heyina ɖe eme la, alẽwo ƒe kplɔla wònye. |
| 3 |
| Eya la agbonudzɔla ʋuna nɛ, eye alẽawo sea eyama ƒe gbe, eye wòyɔa ye ŋutɔ ƒe alẽwo kple ŋkɔ, eye wòkplɔa wo doa goe. |
| 4 |
| Ne eɖe ye ŋutɔ tɔwo katã do go la, edzea ŋgɔ na wo, eye alẽawo dzea eyome, elabena wodzea si eƒe gbe. |
| 5 |
| Ke womele ame futɔ yome dze ge o, ke boŋ wòasi le egbɔ, elabena womedzea si ame tutɔwo ƒe gbe o. |
| 6 |
| Lo sia Yesu do na wo; ke ame mawo mese nusiwo wògblɔ na wo la gɔme o. |
| 7 |
| Azɔ Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Nyee nye agbo na alẽawo. |
| 8 |
| Ame geɖe alesi tre vava nam la, wo katã fiafitɔwo kple adzodalawo wonye; ke alẽawo meɖoa to woamawo o. |
| 9 |
| Nyee nye agbo la; ne amea ɖe to menye yi ɖe eme la, akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ nyiƒe. |
| 10 |
| Fiafi la mevana o, ne menye le fififi kple wuwu kpakple gbegblẽ ta o. |
| 11 |
| Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ. |
| 12 |
| Nyee nye alẽkplɔla nyui la, alẽkplɔla nyui la tsoa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta. Eye amesi nye agbatedɔwɔla, eye menye alẽkplɔla o, amesi alẽawo menye eya ŋuta tɔ o la, kpɔa amegãxi gbɔna, eye wògblẽa alẽawo ɖi, eye wòsina, eye amegãxi la léa alẽawo, eye wòka wo gbẽ; |
| 13 |
| esina, elabena agbatedɔwɔla wònye, eye meléa be na alẽawo o. |
| 14 |
| Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam; |
| 15 |
| sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta. |
| 16 |
| Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka. |
| 17 |
| Le esia ta Fofo la lɔ̃am ɖo; elabena nye la metsɔ nye agbe ɖo anyi, bena magaxɔe. |
| 18 |
| Amea ɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si; ŋusẽ le asinye, be matsɔe ɖo anyi, eye ŋusẽ le asinye, be magatsɔe. Nenem se sia la mexɔa tso Fofonye gbɔ. |
| 19 |
| Tete mamã gaɖo Yudatɔwo dome le nya siawo ta. |
| 20 |
| Eye wo dome ame geɖewo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye eƒe tame da; nukaŋuti miele to ɖomi mahã? |
| 21 |
| Bubuwo gblɔ bena: Nenem nya siawo la menye amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, ƒe nyawo o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋkuwo na ŋkuagbãtɔwo mahã? |
| 22 |
| Eye mawuxɔ ƒe ɖɔɖɔɖoŋkekenyuie ɖo le Yerusalem, eye wònye vuvɔŋɔli; |
| 23 |
| eye Yesu le tsa ɖim le mawuƒea le Salomo ƒe akpata la me. |
| 24 |
| Tete la Yudatɔwo va ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ bena: Ɣekaɣi dzi nana miaƒe luʋɔ natsi dzodzodzoe ase ɖo mahã? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi faa. |
| 25 |
| Yesu ɖo ŋu na wo bena: Megblɔe na mi, eye miexɔe se o: dɔ, siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi la, woawo le ɖase ɖim le ŋutinye. |
| 26 |
| Ke miawo miele exɔm le sesem o: elabena miawo míenye nye alẽwo dometɔwo o, abe alesi megblɔ na mi ene. |
| 27 |
| Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme; |
| 28 |
| eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o. |
| 29 |
| Fofonye, si tsɔ wo nam la, eya ƒo nuwo katã ta, eye amea ɖeke mate ŋu axɔ wo sesẽ le Fofonye si me o. |
| 30 |
| Mia kple Fofonye la ɖekae míele. |
| 31 |
| Tete la Yudatɔwo gafɔ kpewo, bena yewoaƒui. |
| 32 |
| Yesu ɖo ŋu na wo bena; Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dome ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã? |
| 33 |
| Yudatɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti miele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui. |
| 34 |
| Yesu xɔ dzi na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖe miaƒe se la me o bena: „Me bena: mawuwo míenye“ mahã? |
| 35 |
| Ne eya amesiwo tà mawunya va ɖo la be mawuwo la, womate ŋu ada ŋɔŋlɔ la dzi o; |
| 36 |
| amesi Fofo la wɔ kɔkɔe, eye wòdɔ ɖo ɖe xexea me la, eyama ŋuti mia wo miele gbɔgblɔm le bena: Ebɔ busu, esi mebena: Mawuvi menye mahã? |
| 37 |
| Ne nyemele Fofonye ƒe dɔwɔwɔwo wɔm o la, ekema migaxɔ dzinye se o. |
| 38 |
| Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me. |
| 39 |
| Tete wogadi bena, yewoalée, ke edo le wo si me heyi. |
| 40 |
| Eye wògadzo yi ɖe Yordan godo, afisi Yohanes de mawutsi ta na amewo le gbã, eye wònɔ afima. |
| 41 |
| Eye ame geɖewo va egbɔ, eye wògblɔ bena: Yohanes mewɔ dzesia ɖeke o, gake nusiwo katã Yohanes gblɔ le amesia ŋuti la, wonye nyateƒe. |
| 42 |
| Eye ame geɖewo xɔ edzi se le afima. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/john/010.mp3
21
10