Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o; mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se. |
| 2 |
| Fofonye ƒe me la nɔƒe geɖewo li; ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi; elabena meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. |
| 3 |
| Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima. |
| 4 |
| Eye afisi meyina la, míenyae, eye mɔ la hã mienyae. |
| 5 |
| Toma gblɔ ne bena: Aƒetɔ, mienya afisi nèyina o, eye aleke lawɔ mianya mɔ la mahã? |
| 6 |
| Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. |
| 7 |
| Ɖe mienyam la, ne mienya Fofonye hã, eye tso esia dzi la míenyae, eye miekpɔe. |
| 8 |
| Filipo gblɔ ne bena: Aƒetɔ, fia Fofo la mi, eye aɖi kɔ na mi. |
| 9 |
| Yesu gblɔ nɛ bena: Filipo, ɣeyiɣi geɖe siawo menɔ anyi kpli mi, eye mènyam o mahã? Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la, eye aleke gblɔm nèle bena: Fia Fofo la mí mahã? |
| 10 |
| Ɖe mèxɔe se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye o mahã? Nya, siwo gblɔm mele na mi la, nyemegblɔ wo le ɖokuinye si o, ke Fofo, si nɔ menye la, le eƒe dowo wɔm. |
| 11 |
| Mixɔm se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye; ke ne menye nenem o la, ekema mixɔe se le dɔwɔwɔawo ta. |
| 12 |
| Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ. |
| 13 |
| Eye nusi ke míabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me. |
| 14 |
| Ne míabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la màwɔe. |
| 15 |
| Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi. |
| 16 |
| Eye nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me: |
| 17 |
| Nyateƒegbɔgbɔ, si xexeame mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyanɛ hã o; ke miawo la mienya eyama, elabena ele mia gbɔ, eye wòanɔ mia me. |
| 18 |
| Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwo o, megbɔna mia gbɔ. |
| 19 |
| Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o; ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe. |
| 20 |
| Le ŋkeke ma me la miadze sii bena, mele Fofonye me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me? |
| 21 |
| Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae. |
| 22 |
| Yuda, si menye Iskariot lae o la, gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, aleke wɔ bena, nèle ɖokuiwò ɖe ge afia miawo, eye menye xexeame o mahã? |
| 23 |
| Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Ne amea ɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama, eye miava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ. |
| 24 |
| Amesi mele lɔ̃yem o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o, eve nya, si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo, si dɔm ɖa la tɔe. |
| 25 |
| Megblɔ esiawo na mi, esi megale mia gbɔ. |
| 26 |
| Ke nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi. |
| 27 |
| Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o! |
| 28 |
| Miese alesi megblɔ na mi bena: Mele dzodzom, eye magava mia gbɔ. Ɖe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ bena, meyina Fofo, amesi lolo wum la gbɔ. |
| 29 |
| Eye azɔ megblɔe na mi, hafi ne wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase. |
| 30 |
| Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi o; elabena xexeamefia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o; |
| 31 |
| gake bena xexeame nanyae bena, melɔ̃a Fofo la, eye alesi Fofo la de se nam la, nenema ke mewɔna. Mitsi tre, ne miadzo le afisia! |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/john/014.mp3
21
14