Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖe asrafowo kple kpovitɔwo kpe ɖe Yuda ŋu bena woava lé Yesu. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔa me afi si Yesu le.
Ke enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la kemɛ, ame si Nunɔlagã la nya nyuie la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm eye wòna mɔ Petro wòge ɖe eme.
Yesu ɖo eŋu na wo be," “Ame geɖewo nya nu si fiam mele, elabena mefia nu zi geɖe le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, Yudatɔwo ƒe amegãwo katã ɖoa to nya siwo megblɔna, eye nya aɖeke meli si megblɔna le ɣaɣlɛƒe si nyemegblɔna le dutoƒo o.
Yesu gblɔ nɛ bena, “Nenye be alakpa dam mele la, ekema tɔ asi nu si nye alakpa le nye nuƒoa me la dzi nam. Ke ne nyateƒe tom mele la, ɖe wòle be nãƒo tome na ame si le nyateƒe tom la mahã?”
Osɔfo gãtɔ la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si nye ame si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ aɖe hã bia Petro bena, “Menye wòe mekpɔ le abɔa me, nèle Yesu ŋu oa?”"
Kayafa hã drɔ̃ ʋɔnu Yesu, eye wòwu eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu le fɔŋli. Tso afi sia la wokplɔe yi ɖe Roma gɔvina la ƒe aƒe mee. Ame siwo tsɔ nya ɖe Yesu ŋu la gbe bena yewomage ɖe aƒea me o, elabena ne woyi afi ma la, ekema wogblẽ kɔ na wo ɖokui, eye ne woƒo ɖi wo ɖokui alea la, womana mɔ wo woaɖu Ŋutitotolẽvi la o.
Pilato ɖo eŋu kple dziku be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya ma biamem hã? Menye wò ŋutɔ mia de tɔwo kple woƒe Osɔfogãwoẽ kplɔ wò va afi sia oa? Nu ka tae wokplɔ wò vɛ ɖo? Agɔ kae nèdze?”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye la, menye anyigbadzifiae menye o. Nenye anyigbadzifiae menye la, anye ne nye amewo awɔ aʋa ɖe nunye esi Yudatɔwo ƒe amegãwo va lém. Nye fiaɖuƒea metso xexe sia me o.”
Pilato gabiae bena, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ele me nenema, eye fiaɖuɖu tae wodzim ɖo. Eye esi meva xexe sia me la, ɖe meva bena magblɔ nyateƒe la afia ame sia ame. Ame siwo katã xɔ nyateƒe la dzi se lae nye nye nusrɔ̃lawo.”
Azɔ kɔnu aɖe le mia si si mewɔna na mi ƒe sia ƒe le Ŋutitotoŋkeke la dzi, eyae nye be maɖe asi le ame siwo le gaxɔ me la dometɔ si mielɔ̃ la ŋu na mi. Eya ta ne enye miaƒe didi la, maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe Fia’ la ŋu na mi.”
Ke ameawo ƒe mo nyra eye wodo ɣli sesĩe be, “Gbeɖe! Mègaɖe asi le ame sia ŋu o, ke boŋ ɖe asi le Baraba ŋu na mi!” Baraba siae nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me.