Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, Pilato di vevie ŋutɔ be yeaɖe asi le eŋu, gake Yudatɔwo ƒe Osɔfowo gblɔ nɛ bena, “Ne èkatse ɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la, tsi tre ɖe Kaisaro ŋu.”
Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu gado goe tsɔ va wo gbɔe eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi, Woyɔa teƒe si woda kpe gbadza sia ɖo le Hebrigbe me be, “Gabata”.
Ŋkeke si dzi wole nu siawo wɔm la nye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la. Eye esi ŋdɔ me ɖo la, Pilato gblɔ na Yudatɔwo bena, “Mikpɔ ɖa, miaƒe Fia lae nye esi!”
Woƒe asi su Yesu dzi mlɔeba. Wotsɔ eƒe atitsoga da ɖe abɔta nɛ be wòatsɔ eye wokplɔe do go le dua me ɖo ta “Ametakoloeƒe”, si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me.
Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke awutewui la ya la, womemae o. Awu sia nye awuʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi.
Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ eye ame si ɖu dzi la naxɔe”. Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awuʋlaya dzi.” Aleae asrafoawo wɔ.
Nyɔnu aɖewo va tsi tre ɖe atitsoga la gbɔ ɣemaɣi. Woawoe nye Yesu dada, dada nɔvi si woyɔna be Maria, ame si nye Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala.
Yudatɔwo ƒe amegãwo medi bena ameawo nanɔ atia ŋu va se ɖe Sabat ŋkeke la dzi o, eye kpe ɖe esia ŋu la, Sabat ŋkeke sia nye Sabat tɔxɛ elabena edze Ŋutitotoŋkeke la dzi, eya ta wodi tso Pilato si bena wòana woaŋe wo katã ƒe afɔwo bena woaku kaba. Eye ne woku la, woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu."
Le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ta la, va bia Pilato be wòana mɔ ye yeaɖe Yesu ƒu kukua le atia ŋu, eye Pilato na mɔe.
Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zãtiƒe la hã va eye wòtsɔ ami si naa ame kuku nɔa anyi ɣeyiɣi didi aɖe la vɛ. Ami sia ƒe kpekpe me anɔ abe kilogram blaetɔ̃ sɔŋ ene eye wotsɔ atike tɔxɛ aɖewo wɔe.
Wosi ami la nɛ eye wo kple eve la tsɔ aklala si me ami ʋeʋĩ yɔ fũu la bla Yesu ƒe kukua ɖe eme. Wowɔe abe ale si Yudatɔwo wɔna na ame kuku hafi ɖina ene.