Eva Yesu gbɔ le zã me eye wògblɔ bena, “Rabi, menyae be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.”
Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃, ãte ŋu ase eŋkɔ gake mãte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o, nenema kee wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me.”
Esi megblɔ nu siwo le edzi yim le amewo dome le anyigba dzi le afii la na wò gake mèxɔ wo dzi se o ɖe, aleke nãwɔ axɔe se ne megblɔ nu siwo le edzi yim le dziƒo la na wò?
Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la elabena wodi vevie bena yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe.
Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔgbɔ ɖe afi ma, eye amewo le vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo
Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nedo goe le Yɔdan tɔsisia godo, ame si nèbe eyae nye Mesia la hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖe le egbɔ yim, le esime wòle be woava mia gbɔ boŋ hafi.”
Nye dɔe nye be madzra mɔ ɖo ɖi na ŋutsu sia bena ame sia ame nate ŋu ayi egbɔ. Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi va yi kɔtee be, menye nyee nye Mesia la o. Nye ya la, nu si wɔ ge meva la koe nye be mata mɔ na Mesia la.
Ele eme be amewo ƒoa zi ɖe nu nyui ɖe sia ɖe ŋu. Nenema ke ŋugbetɔ ayi afi si ŋugbetɔsrɔ̃ la le, eye afi mae ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo akpɔ dzidzɔ kplii le. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔ yɔ menye ɖe eƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋuti.
Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la, akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la, makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dziku anɔ wo dzi ɖaa.”