Emegbe la, Yesu trɔ yi Galilea nutome, henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi bena yeaɖo Yudea ya kura o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui.
Esi ŋkekea tu aƒe ta la, Yesu nɔviŋutsuwo va ƒoe ɖe enu be neyi Yudea ne wòaɖu ŋkekenyuia le afi ma. Nɔviawo gblɔ nɛ be, “Míedi be nãyi Yudea elabena amewo le afi ma fũu si ate ŋu akpɔ wò nukunuwɔwɔwo.
Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le teƒea. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame deŋgɔ wɔnuku aɖe.” Ke ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔe wònye le amewo flum le yiyim.”
Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia wo nɔewo be, “Aleke wɔ ame sia nya nu siawo nyuie ale, togbɔ be mede miaƒe suku aɖeke kpɔ o?”
Nenye be mia dometɔ aɖe ɖoe kplikpaa bena yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe adze sii xoxo nenye be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo.
Ne ame aɖe le nu ƒom tso nu si eya ŋutɔ susu ŋuti la, ekema ele kafukafu dim na eɖokui tso amewo gbɔ. Ke ame si le didim bena yeade bubu ame si ɖoe ɖa ŋuti la, ame mae nye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla.
Mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o, ke nu ka tae wòle be miatsɔ nya ɖe ŋunye bena meda le eƒe sewo dzi. Eye nu ka tae wòle be miawum ɖe esia ta?”
Ke Mose de se na mi be miatso aʋa eye mietsoa aʋa na mia viwo le Sabat ŋkekea gɔ̃ hã dzi. Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema.
Azɔ la nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Sabat dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ŋuti miele dziku dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Sabat dzi?
Ame bubuwo hã nɔ gbɔgblɔm be ame sia mate ŋu anye Kristo la o, elabena míenya afi si wodzii le, evɔ nenye be Kristo ŋutɔ ava la, ɖeko wòado ko kpoyi, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”
Yesu nya nu sia nu si gblɔm wonɔ eya ta esi wònɔ mawunya gblɔm le gbedoxɔ la me la, egblɔ bena, “Miawo la, mienyam eye mienya afi si wodzim le, ke magblɔ na mi bena, ame si mienya o lae dɔm ɖa, eye ame siae nye Nyateƒe la.
Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu kaka ayi elé ge o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o.
Yesu ƒe nya siawo na be Yudatɔwo ƒe amegãwo tɔtɔ. Wobia wo nɔewo be, “Afi kae wòle ɖoɖo wɔm bena yeadzo ayi? Đewohĩ edi be yeayi aɖagblɔ mawunya na Yudatɔ siwo le anyigba vovovowo dzi alo be yeayi trɔ̃subɔlawo ƒe anyigba dzi aɖagblɔ mawunya na wo le afi ma.”
Le agbadɔmeŋkekenyuia ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Yesu do ɣli gblɔ na ameha la be, “Nenye be tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòava no tsi faa.
Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o. Mama ɖo ameawo dome
Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me eye nãkpɔ ŋuɖoɖo na ɖokuiwò. Le nyateƒe me la, nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!”