Ame siawo bia biabia sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke ɖeko Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nui ɖe anyigba.
Ameawo ganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo, eya ta efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be, “Enyo, miƒu kpe nyɔnu sia ne wòaku, gake ame si ŋu nu vɔ̃ aɖeke mele o la, netre kpea ƒuƒui.”
Yesu gaƒo nu na ameawo eye wògblɔ be, “Nyee nye xexeame ƒe Kekeli la. Eya ta ne ame aɖe dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Togbɔ be mele ɖase ɖim le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Elabena nye la menya afi si metso kple afi si meyina, ke miawo la mienya afi si metso alo afi si meyina o.
Ameawo biae be, “Afi kae Fofowòa le?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la mienya ame si menye o, eya ta mienya ame si nye Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.”
Yudatɔwo bia be, “Ame sia ɖe, ɖe wòle susu wɔm be yeawu ye ɖokuia? Nu ka tututue wòwɔnɛ esi wògblɔ be, ‘Miawo la miate ŋu ava afi si nye la meyina o.’?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye, ke nye la, nyemetso xexe sia me o.
Esia tae megblɔ na mi be, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Le nyateƒe me, ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.”
Nye la nu geɖewo li mate ŋu agblɔ tso mia ŋuti eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta gake nyemawɔ esia o, elabena ame si dɔm ɖa la, eyae nye nyateƒetɔ la, eye nu siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexeame.”
Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Le nye ku kple tsitretsitsi vɔ megbe hafi miakpɔe adze sii be, nyee nye Mesia la, eye nya siwo katã menɔ gbɔgblɔm na mi la, menye nye ŋutɔ nye nya kpakpawo o, ke boŋ wonye nya siwo Fofo la fiam be magblɔ.
Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ le anyigba sia dzi o. Eya ta nu kae nèwɔnɛ esi nègblɔ bena, ‘Míazu ablɔɖeviwo’?”
Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Abraham menye mia fofo o, ne mia fofoe wònye la, anye ne miadze kpɔɖeŋu nyui si wògblẽ ɖi na mi la yome.
Le nyateƒe me ne miewɔ alea la, mia fofo ƒe afɔtoƒe tututu ko tom miele.” Woɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, menye ahasie mía dzilawo wɔ hafi dzi mí o. Fofo ɖeka koe li na mí le nyateƒe la me eye eyae nye Mawu ŋutɔ.”
Yesu gblɔ na wo be, “Đe miaƒe nya sia le eme la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso hafi va mia gbɔ. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue ɖom ɖa.
Miawo la, satana ƒe viwoe mienye eya tae mielɔ̃a nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la wɔwɔ. Amewulae wònye tso gɔmedzedzea me ke eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe kui ɖeka pɛ hã mele eme o. Alakpadada hã la, meʋaa dzi nɛ o, elabena eyae nye alakpatɔwo fofo.
”Mia dometɔ kae le afi sia si ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ ɖeka pɛ si mewɔ kpɔ la dzi? Ame aɖeke o. Ke nu ka tae ne mele nyateƒea gblɔm na mi la miexɔnɛ sena o.
Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le mewò vavã, elabena Abraham kura kple nyagblɔɖila gã siwo nɔ anyi kpɔ la ku, ke wò la, èle gbɔgblɔm na mi fifia be, ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o.
Đe nèle gbɔgblɔm be yede ŋgɔ wu mía fofo Abraham si kua? Eye ɖe nèle gbɔgblɔm hã be yede ŋgɔ wu nyagblɔɖila siwo ku va yia? Ame ka koŋ nèbuna be yenye?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o, ke Fofonye, si miawo hã miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem.
Nye la menya Fofo la, ke miawo la mienyae o. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Enye nyateƒe be menyae eye meɖoa toe le nuwo katã me.