Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nãle tsi le Siloam Ta la me.” Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa.” Ŋkuagbãtɔ la tso kpla eye wòdze mɔ yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu nyuie wònɔ nu kpɔm.
Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubialae wònye la, bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?”
Ŋutsua gblɔ na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be mayi ɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu eye mede asi nukpɔkpɔ me.”
Farisitɔ siwo gbɔ wokplɔ ŋutsua vɛ la biae be wòagblɔ nu si va eme la na yewo. Ale wògblɔ ale si Yesu tsɔ ba sisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye esi wòyi ɖale tsi ko la, eƒe ŋkuwo ʋu eye wòde asi nukpɔkpɔ me la na wo.
Faristɔawo gatrɔ ɖe ame si woʋu ŋku na la gbɔ hebiae be, “Wò ŋutɔ ɖe alekee nye wò susu le ame si ʋu ŋku na wò la ŋu,? Ame ka ƒomevi nèbu be enye?” Ŋutsua ɖo eŋu na wo bena, “Le nye nukpɔkpɔ nu la, enye nyagblɔɖila aɖe si Mawu dɔ ɖo ɖa.”
gake míenya nu si va dzɔ hafi eƒe ŋkuwo ʋu o, eye míenya ame si wɔe be eƒe ŋkuwo ʋu hã o. Mía via ŋutɔ hã tsi, aƒo nu aɖe eɖokui nu eya ta taflatse, mibia gbee!”
Ŋutsua dzilawo gblɔ esiawo le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta, elabena Yudatɔwo ɖoe da ɖi xoxoxo be ame si agblɔ be eyae nye Kristo la, woaɖe nenem me ma le yewoƒe hame.
Ale Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia eye wogblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, Mawue wòle be nãkafu, ke menye Yesu o, elabena Yesu la míenya be ame vɔ̃ɖie wònye.”
Ŋutsua ɖo eŋu na wo be, “Yesu ɖanye ame vɔ̃ɖi o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menyae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!”
Ŋutsua do ɣli gblɔ na wo be, “Kpɔ ɖa, megblɔ nya sia na mi zi ɖeka xoxo. Alo miesee oa? Nu ka ta miedi be magagblɔ nu si dzɔ la na mi ake? Alo miawo hã ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?”
Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la ɖe meva xexeame bena maʋu ŋku na ame siwo ƒe gbɔgbɔmeŋkuwo gbã eye mafia ame siwo bu be yewole nu kpɔm la be woƒe ŋkuwo gbã.”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne ɖe mielɔ̃ be yewonye ŋkuagbãtɔwo la, anye ne fɔɖiɖi aɖeke manɔ mia ŋu o. Gake esi miebe yewole nu kpɔm ko la, miaƒe nu vɔ̃wo azu agba ɖe mia dzi.”