Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔe nye be, aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be wonye Trɔ̃subɔlawo o ke boŋ mayi kpli wo. Eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afii la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒeme la Kaisarea.
“Esi mese nya sia la, mede asi nyanyui la gbɔgblɔ me na wo. Ke esi mele nyaa gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ dze wo dzi abe ale si tututu wòdze míawo hã dzii le gɔmedzedzea ene.
Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be, ‘Ẽ, Yohane, de mawutsi ta na amewo kple tsi ke miawo la woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,’ va tame nam enumake.
Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na nunana sia trɔ̃subɔla siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?”
Nya sia wɔ dɔ ɖe apostoloawo kple Yudatɔ siwo xɔ Yesu dzi se la dzi ale gbegbe be womegahe nya aɖeke kura o ke boŋ wogblɔ be, “Nyateƒee, Mawu ŋutɔ na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia Trɔ̃subɔlawo hã be woate ŋu atrɔ va ye gbɔ eye woakpɔ agbe mavɔ.”
Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem, le yometiti si va le Stefano wuwu megba la, dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenike, Kipro kple Antioxia nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko.
Esi Barnaba kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi dzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã.
Esi wòke ɖe eŋu la ekplɔe eye wo ame evea trɔ va Antioxia henɔ afi ma ƒe ɖeka sɔŋ, nɔ nu fiam xɔsetɔwo. Antioxiae wona ŋkɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be, “Kristotɔwo.”
Gbe ɖeka wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabo la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexeame katã. Nya sia va eme le fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.