Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.
Esi wose ɣli si nɔ ɖiɖim le afi si nusrɔ̃lawo nɔ la, ame geɖewo fũu ɖe abla va teƒea. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ, elabena ame sia ame see wonɔ eƒe degbe gblɔm.
Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, “Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ.
“ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo, eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.
Petro yi edzi gblɔ be, “Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ.
Gawu la, David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea, eye wògblɔe ɖi le Kristo la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o.
Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia.
Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me hã heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me,