eye wòbiae be woaŋlɔ agbalẽ na ye yeatsɔ ayi ɖe ƒuƒoƒe siwo le Damasko la, ale be ne yekpɔ ame aɖe, si le Aƒetɔ la ƒe mɔa dzi la, yeablae akplɔe va Yerusalem, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o.
Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Tso nàyi ɖe ablɔ si ŋkɔe nye Ablɔdzɔdzɔe la dzi, eye nàbia Yuda ƒeme ta. Ne ège ɖe aƒea me la, bia ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saulo tso Tarso la ta se. Ŋutsu sia le gbe dom ɖa,
Ke Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Heyi, elabe ɖe metia ame sia be wòanye ŋudɔwɔnu nam. Medi be wòana ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israel-dukɔmetɔwo nanya nye ŋkɔ.
Ale Anania tso yi ɖage ɖe aƒe si me Saulo le la me. Eda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be: “Nɔvi Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi esi nègbɔna lae dɔm ɖe gbɔwò, be wò ŋkuwo naʋu, nàgakpɔ nu eye nàxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”
Ame siwo katã ɖo toe se eƒe nyawo la ƒe mo wɔ yaa, eye wobia be: “Alo ɖe menye ŋutsu siae wɔ funyafunya ame siwo xɔ Yesu ŋkɔ dzi se le Yerusalem oa? Gawu la, ɖe menye susu ma ke tae wòva afi sia ɖo be yeava lé xɔsetɔwo abla akplɔ yi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa?”
Ke Barnaba kplɔe va amedɔdɔawo gbɔe. Eƒo nu na wo le ale si Saulo kpɔ Aƒetɔ la le mɔ dzi, eye Aƒetɔ la ƒo nu nɛ kple ale si wògblɔ mawunya vɔvɔ̃ manɔmee le Damasko le Yesu ŋkɔ me la ŋu.
Azɔ la, hame siwo katã le Yudea, Galilea kple Samaria la ƒe to me fa, eye wotsi ɖe edzi. Wonɔ agbe ɖe Aƒetɔ la ƒe nya nu, eye wodzi ɖe edzi, elabe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na woƒe dzi dze eme.
Ale Petro tso heyi kple amedɔdɔawo. Esi woɖo afi ma la, wokplɔ Petro yi ɖe dziƒoxɔa dzi. Ahosiwo katã va le tsitre ɖe Petro gbɔ le avi fam, eye wotsɔ awutewui kple awu siwo Tabita tɔ le eƒe agbenɔɣi la le fiafiam.
Petro na ameawo katã do go le xɔa me. Edze klo hedo gbe ɖa. Etrɔ ɖe ame kukua gbɔ yɔe gblɔ be: “Tabita, tsi tsitre!” Tete nyɔnua ʋu ŋku. Esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.