Nɔvinye, wòe le ʋɔnu drɔ̃m ame bubuwoa? Ame ka kee nènye hã la, màte ŋu agblɔ be ye ya yewɔa nu dzɔdzɔe o. Ne èbu fɔ ame bubuwo la, wò ŋutɔ ɖokuiwò ko nèbu fɔe, elabe nu mawo ke ko wò, ʋɔnudrɔ̃la la, ŋutɔ hã nèwɔna.
Alo ètsɔe be Mawu nyoa dɔme ŋutɔ, doa dzi ale gbegbe, hegbɔa dzi blewuu ta, mètsɔ ɖeke le eme o? Ke mènyae be Mawu ɖe wònyo dɔme na ye hele ye kplɔm be yeatrɔ dzime oa?
Ke esi nèsẽ to gbe be yematrɔ dzime o la, wò ŋutɔ èna tohehe, si Mawu le na wò ge le ŋkeke ma dzi la, le ŋu sẽm ɖe edzi na wò ŋutɔ ɖokuiwò. Gbe ma gbee Mawu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòaɖe eƒe dziku ɖe go afia.
Ame siwo katã Mose ƒe se la mebla o, eye wowɔ nuvɔ̃ la, woahe to na wo se sia manɔmee, ke ame siwo katã le se sia te, eye wowɔ nuvɔ̃ la, se siae woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu woe.
Se sia mebla ame siwo menye Yudatɔwo o la hafi o. Ke ne woawo ŋutɔ wɔa se la dzi le dzɔdzɔme nu le wo ɖokui si la, ekema wozu sedede na wo ɖokui, togbɔ be se mele wo si hafi o hã.
Ale si wowɔa nu ɖe se nui la ɖenɛ fiana be Mawu ŋlɔ se la ɖe woƒe dzime. Nenema ke woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase na wo tso esia ŋuti, elabe ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu bua fɔ wo, eye ɣe aɖewo ɣi hã ebua wo be wole dzɔdzɔe.
ke boŋ ame si nye Yudatɔ le eɖokui me, eye wòtso aʋa na eya ŋutɔ ƒe dzi lae. Aʋatsotso sia tɔgbe tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gbɔ, eye metso se, si woŋlɔ ɖi la me o. Mawue kafua ame sia tɔgbe, ke menye amewoe o.