To eyama dzi la, mɔ ʋu na mí azɔ, be Mawu nave mía nu, eye míele eƒe amenuvenu la me fifia. Míele mɔ kpɔm kple dzidzɔ, be míawo hã míakpɔ gome le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la me.
Tso Adam ŋɔli ʋuu va se ɖe Mose ŋɔli la, ku nɔ ame wum. Evɔ la, ame siwo wum wònɔ la ƒe nuvɔ̃wo mele abe esi Adam wɔ la ene hafi o. Adam de sɔsɔ ge kple ame si le vava ge la.
Nenye be ame geɖewo ku le vo, si ame ɖeka aɖe da ta la, ekema eme kɔ ƒãa be Mawu ave ame geɖewo nu, eye wòatsɔ eƒe nunana la ana wo faa geɖe wu, le ale si ame ɖeka ma, si nye Yesu Kristo la, ve mía nui la ta.
Nunana si Mawu na faa la, mele abe nu si ame ɖeka ma ƒe nuvɔ̃ he vɛ la ene o. Nu vɔ̃ si ame ɖeka ma wɔ la, wodrɔ̃ ʋɔnu, bu fɔ; ke nunana si Mawu na faa la wɔe be wobu ame geɖe siwo wɔ nuvɔ̃ la ya boŋ be wole dzɔdzɔe.
Eme kɔ ƒãa be ame ɖeka ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la na be ku va ɖu dzi, le ame ɖeka sia ta. Ke nunana si Mawu ve ame nu hena faa la wɔ dɔ geɖe wu sãa! Ewɔ ame siwo xɔe la be wole dzɔdzɔe, eye ŋusẽ ɖo wo ŋu be woanɔ agbe, le ame ɖeka ma, si nye Yesu Kristo la ta.
Ale, abe ale si ame ɖeka ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ na be wobu fɔ amewo katã be wo tɔ medzɔ o ene la, nenema ke ame ɖeka aɖe ƒe nu dzɔdzɔe si wòwɔ la, na be wodo ɣé na amewo katã be wo tɔ dzɔ, eye woxɔ wo ɖe agbe.
Ale be, abe ale si nuvɔ̃ ɖu dzi kple ku ene la, nenema ke Mawu ƒe amenuvenu hã le dzi ɖumee, be ame nawɔ nu dzɔdzɔe, ale be wòava nɔ agbe mavɔ to Yesu Kristo mía Aƒetɔ la dzi.