×

EƲEGBE BIBLIA 2014

1 Korintotɔwo 4

1
Ame sia ame nabu mí abe Kristo ƒe dɔlawo kple ame siwo wotsɔ Mawu ƒe nya ɣaɣla la de asi na, be woakpɔ edzi la ene.
2
Ele vevie be míanye nudzikpɔla siwo ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo.
3
Le gonyeme la, meɖe fu nam kura, be miawo alo ame bubu aɖe nadrɔ̃ ʋɔnum o. Nyemedrɔ̃a ʋɔnu nye ŋutɔ ɖokuinye gɔ̃ hã o.
4
Nyemenya ne mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o, ke esia mefia be menye ame dzɔdzɔe o. Aƒetɔ lae nye nye ʋɔnudrɔ̃la.
5
Eya ta migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke hafi ɣeyiɣia nade, alo hafi Aƒetɔ la nava o. Ne eva la, ahe nu siwo woɣla ɖe viviti me la ɖe kekeli nu, eye wòaklo nu le adaŋu si amewo de ɣla ɖe susu me la dzi. Ɣe ma ɣie Mawu akafu ame sia ame si wòdze be woakafu la.
6
Nɔviwo, metsɔ nye ŋutɔ kple Apolo ƒe nya sia ɖo kpɔɖeŋui na mi, bene miasrɔ̃ nu tso mía gbɔ, ne miagatra tso mawunya gbɔ o. Migatsɔ dàda bu ame aɖewo amegãwoe ahabu bubuwo ya ame maɖinuwoe o.
7
Ame ka gɔ̃e tsɔ wò ya wɔ ame tɔxɛe? Nu kae le asiwò, esi menye ɖe wotsɔe na wò o? Nenye ame aɖee na wò la, nu ka ta nèle adegbe ƒom abe wò ŋutɔ wò nu wònye ene mahã?
8
Ã, ɖe mieɖi ƒo xoxoa? Miezu kesinɔtɔwo vɔa? Fia hã ɖum miele míawo manɔmea? Fiae mianɔ ɖuɖum pɛ, ne míawo hã míaɖui kpli mi hafi.
9
Edzé nam abe Mawu ɖe wòkplɔ mí, amedɔdɔwo ya vɛ abe amegbetɔwo katã ƒe mlɔetɔ kekeake ene. Gawu la, míezu abe ame siwo wotso kufia na be woawu le nukpɔƒe la ene. Ẽ, modzakaɖenuwo ko míezu na xexea me gbadzaa, mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa.
10
Míawo míezu movitɔwo le Kristo ta, ke miawo ya Kristotɔ nyanuwo mienye. Míawo míenye ame gblɔewo, ke miawo ya ŋusẽ le mia ŋu. Bubu le mia ŋu, ke míawo ya womekpɔa mí ɖe naneke me o.
11
Va se ɖe fifia gɔ̃ hã la, dɔ kple tsikɔ le mía wum. Míetsi nu vuvu me; woƒoa mí nyamanyama dzodzro, eye míele tsa glãla tsam, aƒe aɖeke mele mía si o.
12
Míekua kutri hewɔa dɔ kple míawo ŋutɔ míaƒe asi. Ne amewo ƒo fi de mí la, míeyraa wo. Ne woti mía yome la, míedoa dzi tsɔnɛ.
13
Ne amewo dzu mí la, míedia woƒe nyui. Míeva zu aɖukpodzinu kple gbeɖuɖɔ na xexea me katã va se ɖe egbe.
14
Nyemele nya sia ŋlɔm be matsɔ ado ŋukpe mi o, ke boŋ be matsɔe axlɔ̃ nu mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene.
15
Togbɔ be nufiala geɖewo le mia si le hamea me hã la, mia tɔwo mesɔ gbɔ o. Meto Nyanyui la gbɔgblɔ me va zu mia tɔ, elabe miewɔ ɖeka kple Kristo.
16
Eya ta mele nu xlɔ̃m mi be miato nye afɔtoƒe.
17
Esia tae mele Timoteo, vinye lɔlɔ̃a nuteƒewɔla, si le hadede me kple Aƒetɔ la, ɖom ɖe mi. Medi be wòaɖo ŋku ale si menɔa agbee abe Kristo ene la dzi na mi. Nu siawo ke ko mefiana le hameawo katã me le afi sia afi.
18
Mia dometɔ aɖewo le wo ɖokui dom ɖe dzi abe ɖe nye megale mia gbɔ va ge o ene.
19
Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, eteƒe madidi kura hafi mava mia gbɔ o. Nenye be meva la, nye matsi dzi be manya nya siwo gblɔm dàdala mawo le o, ke boŋ madi be manya ŋusẽ si le wo si.
20
Elabe Mawu ƒe fiaɖuɖu la mele nuƒo me o, ke boŋ ŋusẽ mee wòle.
21
Ka dim miele? Matsɔ ameƒoti ɖe asi vɛ loo, alo mava kple lɔlɔ̃ kpakple gbɔgbɔ fatua?
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes