Míegbe ŋukpenanu kple bebemenuwɔwɔ. Míegbe ayemenuwɔwɔ kple Mawu ƒe nya la tɔtrɔ bubui. Ke boŋ míehea nyateƒe la ɖe go, eye to esia me míeɖea mía ɖokui fiaa ame sia ame ƒe dzitsinya, abe ale si míawɔe le Mawu ŋkume la ene.
Xexe sia me mawu gbã ŋku na ame maxɔse siawo ƒe susu, ale be womate ŋu akpɔ Nyanyui la ƒe kekeli si nye Kristo, ame si le Mawu ƒe nɔnɔme me la ƒe ŋutikɔkɔe o.
Ke xɔse le mía si. Mawunya gblɔ be, “Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo.” Gbɔgbɔ ma ke, si nana be ame xɔna sena la, le míawo hã mía si, eya ta míawo hã míeƒoa nu ɖo.
Elabe menye nu si le dzedzem la ŋue míaƒe ŋku le o, ke boŋ nu si mele dzedzem o la ŋue. Nu si wokpɔna kple ŋku la, menɔa anyi ɖaa o; ke nu si womekpɔna kple ŋku o lae nɔa anyi ɖaa.