Ke meda nɔviawo ɖa, bene míaƒe adegbe, si míeƒona le mia ŋuti la, nagazu dzodzro le nya sia me o, bena abe alesi megblɔe ene la, míadzra mia ɖokui ɖo ɖi,
bena nenye ɖe Makedoniatɔwo ava kpakplim, eye woakpɔ bena, miedzra mia ɖokui ɖo ɖi o la, ŋu nagakpe mí — míele didim be, miagblɔ be miawo ke la — le dziɖoɖo ɖe mia ŋu sia ŋuti o.
Ke mebui nu vevi bena, mexlɔ̃ nu nɔviawo, bena woadze ŋgɔ ava mia gea, bene woadzra yayra, si ŋugbe mieɖo xoxo la, ɖo ɖi, bene wòasɔ gbe abe yayra ene, eye menye abe ŋukeklẽ ene o.
elabena subɔsubɔdɔ sia ƒe kpɔɖeŋu nyui la ana woakafu Mawu le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyuie me ʋuʋu la kple miaƒe hadede kple woawo kpakple amewo katã tso dzimekɔkɔ me la ŋuti;