Lewi-to blibo la, si nye nunɔlawo la, maxɔ gome alo domenyinua ɖeke akpe ɖe Israel ŋu o, ke boŋ woatsɔ Yehowa ƒe dzovɔsa, si nye woƒe domenyinu la, anyro wo ɖokui.
Esi neɖe kuku na Yehowa, wò Mawu, le Xoreb gbɔ le takpegbe la gblɔ bena; nyemate ŋu agase Yehowa, nye Mawu, ƒe gbe o, eye nyemate ŋu agakpɔ dzo gã sia, ne maku o la.
Ke ne nyagblɔɖilaa ɖe ɖo eɖokui ɖe dzi, eye wògblɔ nya, siwo nyemegblɔ nɛ o la, le nye ŋkɔ dzi, alo wògblɔ nya le mawu bubuwo ƒe ŋkɔ dzi la, woawu nyagblɔɖila ma.
Ne nyagblɔɖilaa ɖe gblɔ nya le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, gake nya la meva me o, eye medze edzi o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la o, ke boŋ nyagblɔɖila la ŋutɔe do eɖokui ɖe dzi hegblɔe; eyata megavɔ̃e o.