ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,
eye nayi nunɔla, si le ɣemaɣi la gbɔ agblɔ nɛ bena Mele eme ʋum na Yehowa, wò Mawu la, egbea be: Meva anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔe na mí la dzi.
Eye nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me bena: Fofonye enye Aramtɔa ɖe, si de tsɔtsrɔ ge, eye wòʋu va Egipte; ame ʋeea ɖewo ko wonye henye amedzrowo le afima, ke wodzi ɖe dzi, eye wotrɔ zu dukɔ gã sẽŋua ɖe.
Azɔ kpɔ ɖa, agblemenu, siwo nenam la, ƒe ŋgɔgbeawo nye esi metsɔ vɛ na wò, Yehowa. Eye natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋku me ahade ta agu ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋku me.
Ne èƒo wò nuwo katã ƒe ewolia nu ƒu le ƒe etɔ̃lia me vo, eye nètso wo na Lewitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, be woaɖu nu aɖi ƒo le wò duwo me la,
ekema nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku me bena: Meɖe nu kokoe ɖa le aƒenye me, eye metsɔe na Lewitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, abe alesi nede se nam pɛpɛpɛ ene, eye nyemeda wò seawo dzi alo ŋlɔ wo be o.
Esi mele fu nyim la, nyemeɖu ɖeke o, ŋunye kɔ hafi meɖee na, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo o; meɖo to Yehowa, nye Mawu ƒe gbe, eye mewɔ, abe alesi nède se nam pɛpɛpɛ ene.
Kpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nayra wò dukɔ Israel kple anyigba, si nètsɔ na mi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, abe alesi nèka atam na mia fofowo ene.