“Ne nu siawo katã va eme na wò, yayraa kple fiƒodea, siwo metsɔ ɖo ŋkuwò me, eye nèɖo ŋku wo dzi le dukɔ siwo katã dome Aƒetɔ, wò Mawu la nyà wò ɖo ɖa la me,
ale be Aƒetɔ, wò Mawu la akplɔ wò ava anyigba si tɔgbuiwòwo xɔ la dzi, ale be nàxɔe. Awɔ nyui na wò wu tɔgbuiwòwo, eye wòana nàdzi asɔ gbɔ fũu wu woawo gɔ̃ hã.
Aƒetɔ, wò Mawu la, ana nu siwo katã nèwɔna la adze dzi nyuie. Ana viwòwo, wò lãhawo, wò agblemenuwo kple wò kesinɔnuwo asɔ gbɔ ɖe edzi. Aƒetɔ agakpɔ dzidzɔ le ŋuwò, awɔ nyui na wò, abe ale si wòwɔ na tɔgbuiwòwo ene.
Ne èse Aƒetɔ, wò Mawu ƒe se siwo dem mele na wò egbe, ne èlɔ̃e, zɔ eƒe mɔwo dzi, eye èlé eƒe se, ɖoɖo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema ànɔ agbe adzi fũu. Aƒetɔ, wò Mawu la, ayra wò le anyigba si dzi yim nèle be nàɖaxɔe la dzi.
Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbe. Mele dziƒo kple anyigba yɔm be woanye nye ɖasefowo. Eya ta mitia agbe, be mi kple miaƒe dzidzimeviwo mianɔ agbe.
Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la. Ɖo toe, eye nàku ɖe eŋu elabe eyae nye wò agbe, be nànɔ agbe didi le anyigba si ŋu Aƒetɔ ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo, Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ na wo la dzi.”