Togbɔ be míekpe fu, eye wodo ŋukpe mí, hetsi tre ɖe mía ŋu kple ŋkubiã le Filipi, abe ale si mienya ene hã la, míeɖo dzi ɖe mía Mawu la ŋu, eye míegblɔ eƒe Nyanyui la na mi.
ke boŋ Mawu ŋutɔ ɖe wòdo mí kpɔ eye wòdze eŋu, ale wòda asi ɖe mía dzi hetsɔ Nyanyui la de mía si be míagblɔ. Esia tae míeƒoa nu be míagadze amegbetɔ ŋu o, ke boŋ be míadze Mawu ɖeɖe ko ŋu, elabe eyae doa míaƒe dziwo kpɔna.
Nenema ke togbɔ be míawo, abe Kristo ƒe amedɔdɔwo ene, míate ŋu atee ɖe mia dzi, be miade bubu mía ŋu hã la, míedi be miawo loo, alo ame bubu aɖeke nawɔ esia na mí o.
Míelɔ̃ mi ale gbegbe, be menye Mawu ƒe Nyanyui la ɖeɖe ko ƒe gome míedi be miakpɔ kpli mí o, ke boŋ be míatsɔ míawo ŋutɔ mía ɖokui ana mi; elabe miaƒe nu ɖe wòlé dzi na mí koŋ.
Nɔviwo, miɖo ŋku edzi be esime míenɔ Mawu ƒe Nyanyui la gblɔm na mi la, ɖe míewɔ dɔ zã kple keli hekpɔ mía ɖokui dzii, ale be míagazu agba na mia dometɔ aɖeke o.
Nu ɖeka si ta míegadaa akpe na Mawu ɖo ɣe sia ɣi lae nye be, esi míetsɔ eƒe gbedeasi vɛ na mi la, miexɔe atuu, menye abe amegbetɔ ƒe gbedeasi ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya si tututu wònye la ene. Mawu ƒe gbedeasi siae wɔa dɔ le mi, ame siwo xɔ se la me.
Nɔviwo, miawo hã miesɔ kple Mawu ƒe hame siwo wɔ ɖeka kple Kristo le Yudea la, elabe miawo hã miekpe fu le miawo ŋutɔ mia detɔwo si me, abe ale si woawo hã kpe fu le Yudatɔwo si me la ene.
Yudatɔwo kee xe mɔ na mí, be míagagblɔ mawunya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, bene woaxɔ wo ɖe agbe o. To esiawo wɔwɔ vivivo me la, woƒe nuvɔ̃wo va sɔ gbɔ kaka gba go. Azɔ la, Mawu ƒe dziku va dze wo dzi bliboe.
Nɔviwo, ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye esi míedzo le mia gbɔ. Togbɔ be míegale mia kpɔm kple ŋku o hã la, míaƒe susu ya le mia ŋu vevie. Edzro mí ŋutɔ eye míedze agbagba geɖe be míagakpɔ mi ŋkume kple ŋkume.