megaʋuʋu mi dzro ko, alo atɔtɔ miaƒe susu o. Eɖi be gbɔgbɔmeɖeɖefia aɖe, alo numenya aɖe, alo agbalẽ aɖe, si wobe etso mía gbɔ la, le gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la va ɖo xoxo.
Migana ame aɖeke nable mi le mɔ aɖeke nu kura o, elabe hafi ŋkeke ma nava la, ele be aglãdzedze ɖe Mawu ŋu nado ŋgɔ gbã eye aglãdzela si le tsɔtsrɔ̃ ge godoo la nadze ƒãa.
Ke, mi nɔvinye, siwo Aƒetɔ la lɔ̃ vevie, ele be míada akpe na Mawu ɣe sia ɣi le mia ta, elabe miawoe nye ame gbãtɔ siwo Mawu tia be yeaxɔ ɖe agbe. Etsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ mia ŋutii, eye miexɔ nyateƒenya la dzi se.
Azɔ la, mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Tɔ́, ame si lɔ̃ mí, heve mía nu, eye wòna akɔfafa mavɔmavɔ mí, gana be míele mɔ kpɔm na nu vavã aɖe la,