Nenema ke fia nyɔnu tsitsiawo be woafa tu eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu o, eye womanye aha tsu nolawo hã o.
Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magagblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.
hekpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tre ɖe ŋuwò, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.
Fia wo hã be womagafi woƒe aƒetɔwo o ke boŋ woaɖee afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣesiaɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Đela, ŋu wòadze ame ŋu.
Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo.