Ele be woanye ame siwo wɔa susu ŋudɔ nyuie, ame siwo dza, ame siwo wɔa aƒemedɔ, ame siwo nyoa dɔme eye wobɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo, ale be amewo nagagblɔ nya vlo aɖeke ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.
Ɖɔ gbe ɖo nàƒo nu nyuie, ale be amewo nagatsi tre ɖe wò nyawo ŋu o. Esia ana be ŋu nakpe ame siwo atsi tre ɖe ŋuwò, esi womekpɔ nya vlo aɖeke agblɔ tso mía ŋu o ta.
Womegafi nu suetɔ kekeake hã o, ke boŋ woneɖee fia be nuteƒewɔla siwo dzi woate ŋu axɔ ase bliboe lae yewonye, ale be nu sia nu si woawɔ la, nade bubu Mawu, mía Xɔla ƒe nufiafia la ŋu.
Ale si Mawu ve mía nui la le mía fiam be míaɖe asi le nuwɔna siwo fia mawumavɔmavɔ̃ ŋu, eye míagati nu siwo dzroa mí vevie le xexe sia me la yome o. Ke boŋ be míaɖu mía ɖokui dzi, awɔ nuteƒe, asro Mawu ɖa le míaƒe agbenɔnɔ me le xexe sia me,
Eyae tsɔ eɖokui ke faa ɖe mía ta be yeaɖe mí tso nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me, eye yeakɔ mía ŋuti na ye ɖokui be míanye ye ɖeka ko tɔ, eye míadi vevie be míawɔ nu si nyo la ɖeɖe ko.