eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me.
ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbago la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wonaa mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ.
Esia nye nyateƒenya si wogblɔ eye medi be nãte gbe ɖe nu siawo dzi ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.
Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Đe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ koe wòhena vanɛ.
Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Dze agbagba, ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, nãdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nate ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔlia me.