miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔme la dzi abe miawo hãe le gaxɔme kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.
Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ eye nu si le mia si la nedze mia ŋu elabena Mawu gblɔ be, “Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.”
Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o.
Miɖo to miaƒe kplɔlawo eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o.
natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.