Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Nɔvilɔlɔ̃ nenɔ anyi! |
| 2 |
| Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o. |
| 3 |
| Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi, abe amesiwo hã le ŋutilã me ene. |
| 4 |
| Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo. |
| 5 |
| Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“ |
| 6 |
| Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“ |
| 7 |
| Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse. |
| 8 |
| Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. |
| 9 |
| Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o. |
| 10 |
| Vɔsamlekpui le mía si, esi ŋuti amesiwo subɔna le agbadɔ me la, womekpɔ mɔ be, woaɖu nu le o. |
| 11 |
| Elabena lã, siwo ƒe ʋu nunɔlagã tso yi ɖe kɔkɔeƒe me le nuvɔ̃wo ŋuti la, wotɔ dzo woƒe lã blibo la le asaɖa godo. |
| 12 |
| Eyata Yesu hã kpe fu le agbo la godo, bene wòatsɔ ye ŋutɔ ƒe ʋu akɔ eƒe dukɔ la ŋuti. |
| 13 |
| Azɔ la, minɛ míado go ayi ɖe egbɔ le asaɖa godo atso eƒe ŋukpe aɖo mía ɖokui dzi. |
| 14 |
| Elabena ɖu, si nɔa anyi la, mele mia si le afisia o, ke boŋ miele ɖu, si gbɔna la dim. |
| 15 |
| Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse. |
| 16 |
| Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu. |
| 17 |
| Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o. |
| 18 |
| Mido gbe ɖa ɖe mia ta; elabena míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mia si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti. |
| 19 |
| Ke mele nu xlɔ̃m mi geɖe wu bena, miawo esia, bene woagatsom ana mi kaba. |
| 20 |
| Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la, |
| 21 |
| nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. |
| 22 |
| Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miaxɔ nuxlɔ̃menya la; elabena nya via ɖewo koe meŋlɔ ɖo ɖe mi. |
| 23 |
| Minyae bena, woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu; ne eva kaba la, mia kplii míakpɔ mi. |
| 24 |
| Miɖuɖɔ mia nunɔlawo katã kple ame kɔkɔewo katã nam ƒã. Amesiwo tso Italia la, ɖuɖɔ mi ƒã. |
| 25 |
| Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã! Amen. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/hebrews/013.mp3
13
13