ale ke míawɔ así le tohehe nu, ne miegbe toɖoɖo agbexɔxɔnya gã sia mahã? Aƒetɔ la ŋutɔe gblɔ agbexɔxɔ sia ƒe nya gbã, eye ame siwo see le enu la hã va ɖo kpe edzi na mí be enye nyateƒe.
eye nèna wòɖu nuwo katã dzi.” Azɔ la, nenye be wona wòɖu nuwo katã dzi la, ke naneke meli si dzi mekpɔ ŋusẽ ɖo o. Ale si nuwo le fifia la, medze ƒãa na mí haɖe be ekpɔ ŋusẽ ɖe nuwo katã dzi o.
Ke Yesu sia, si wobɔbɔ ɖe anyi wu mawudɔlawo ɣeyiɣi kpui aɖe ko la, míekpɔ be Mawu tsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ abe fiakuku ene. Ale le Mawu ƒe amenuveve ta la, ekpe fu heto eme ku ɖe amewo katã ta.
Esɔ be Mawu, ame si wɔ nuwo katã, eye wòlé wo ɖe te la, nana be Kristo nade blibo to fu siwo wòkpe la me, ale be wòakplɔ ame siwo nye Mawu viwo la vɛ, be woava kpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me.
Esi vi siwo wòwɔnɛ la nye amegbetɔwo henye ŋutilã kple ʋu ta la, Yesu hã trɔ zu amegbetɔ, eye wònɔ agbe abe woawo ke ene. Ewɔ esia ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ Abosam, ame si si ku ƒe ŋusẽ le la.
Eya ta ele be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le mɔ sia mɔ nu, ale be wòate ŋu azu nunɔlagã si kpɔa nublanui na ame, eye wòsubɔa Mawu nyateƒetɔe bene wòana woaɖe amewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa.