Azɔ, mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be, “Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me akpɔ o.” Ke hã la ewu eƒe dɔ la nu tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke.
Eya ta Mawu gaɖo ŋkeke bubu anyi si wòyɔ be “Egbe.” Ewɔ esia ɣeyiɣi geɖee megbe esi woƒo nu na David abe ale si míegblɔe va yi ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo me o.”
Elabena menye Osɔfogã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ Osɔfogã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖe koe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.
Eya ta mi na míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxaɣiwo.