Wotiaa Osɔfogã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume.
Esia tae wò le be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta. Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si wòyɔ Arɔn ene.
Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kpakple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.
Le nyateƒe me la, togbɔ be fifia ele be mianye nufialawo hã la, miegahiã ame aɖe kokoko be wòagagbugbɔ afia mi gɔmedzenuwo tso Mawu ƒe nya ƒe nyateƒewo ŋu. Miehiã notsi, ke menye nuɖuɖu sesẽ o!