Melkizedek sia enye Salem fia kple Osɔfogã na Mawu, dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le, gbɔna la, Melkizedek va kpee eye wòyrae.
Le esia megbe la, Abraham ma nu siwo katã wotsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ɖe akpa ewo me eye wòtsɔ akpa ɖeka na Melkizedek. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye, ƒe fia. Eye eya kee nye Ŋutifafa Fia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.”
Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o ale eƒe agbe ɖe ko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye Osɔfo tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
Azɔ la, se la bia tso Levi viwo ame siwo nye Osɔfowo la si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã.
Elabena to Levi viwo ƒe Osɔfodɔwɔwɔ dzi, wona Se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Levi viwo ƒe Osɔfodɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ Osɔfo bubu vɛ o, ame si nye Osɔfo le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Arɔn ƒe ɖoɖo nu o.
Ekema Yesue nye Osɔfogã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛ, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.
Mele abe Osɔfogã bubuwo ene o elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena.
Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye Osɔfogãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe Sea yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.