Osɔfo siawo subɔna le Kɔkɔeƒe la, si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔlĩ. Esia tae, esi Mose be yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nãwɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.”
Ke Osɔfodɔ si wode asi na Yesu la, kɔ sãa wu wo tɔ eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.
Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu, kplɔ wo do goe le Egipte la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe.
Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la, le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu. Manye woƒe Mawu eye woawo hã woanye nye dukɔ.