Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be Nubablaɖaka, wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikakplu si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Arɔn ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti.
Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ Nubablaɖaka la tame eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o.
Ke Osɔfogã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋu tsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna saa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta.
Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la, mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o.
Esi kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe Osɔfogã ene la, eto gbedoxɔ si lolo hede blibo wu la me, gbedoxɔ si wometsɔ asi tui o alo míagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o.
Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí.
ekema geɖe wu Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la, ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vɛ la me, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.
Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la eku be wòazu fe xexeɖeta aɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te.
elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽa la le agbe o.
Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔ la la, etsɔ nyiviwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzẽ kple ƒumekutsa eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ haho la ŋuti.
Elabena Kristo meyi ɖe Kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye dziƒotɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wodo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe
Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si Osɔfogã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o.
Ne ele alea la ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esi me ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ savɔe me.
nenema ke wotsɔ Kristo hã savɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.