Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia dometɔ geɖewo megabu wo ɖokuiwo nufialawoe o, elabena mienyae be mí ame siwo nye nufialawo la woadrɔ̃ ʋɔnu mí vevie wu ame bubuwo.
Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la eyae nye ame si de blibo ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la.
Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ be wololo gã eye ya sesẽwoe hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola la zãna tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi.
Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛ eye wòlɔ̃a tomefafa, efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o eye wòwɔa nu si le eteƒe.